The Armor of God (EWE: Bible NT – Ghana)

EWE: Bible NT – Ghana

Ephesians (Efesotɔwo) 6:10-18

10 Mlɔeake la, ale si miele ha dem kple Aƒetɔ la la, nagasẽ ŋu ɖe edzi wu to eƒe ŋusẽ triakɔ la me.

11 Mikpla aʋawɔnu siwo katã Mawu tsɔ na mi la, ale be miate ŋu atsi tre ɖe vɔ̃ɖitɔ la ƒe ayemɔwo katã ŋu.

12 Elabe menye mí kple amegbetɔwoe le aʋa wɔm o, ke boŋ mí kpakple gbɔgbɔmeŋusẽwo, gbɔgbɔmedziɖulawo, dziɖula siwo le xexe doviviti sia me kple nu vɔ̃ɖi wɔwɔ ƒe ŋusẽ siwo le dziƒonutowo me ke lae le aʋa wɔm.

13 Eya ta mikpla Mawu ƒe aʋawɔnu blibo la, ale be ne ŋkeke vɔ̃ ma va tu mi la, miate ŋu anɔ te awɔ aʋa va se ɖe nuwuwu, eye ŋusẽ naganɔ mia ŋu.

14 Eya ta mitso kpla! Mitsɔ nyateƒe la bla ali dzii, eye mitsɔ nu dzɔdzɔe wɔwɔ ɖo akɔta abe akɔtakpoxɔnu ene.

15 Nya Nyui, si hea ŋutifafa vanɛ la, nanye aʋayifɔkpa si miado.

16 Hekpe ɖe esiawo katã ŋuti la, milé xɔse, si nye akpoxɔnu la ɖe asi. Eyae miate ŋu atsɔ atsi futɔ la ƒe aŋutrɔ siwo le bibim flaflafla la nui.

17 Mitsɔ gakuku, si nye Mawu ƒe agbexɔxɔ la ɖɔ, eye milé Mawu ƒe nya, si nye Gbɔgbɔ la ƒe aʋawɔyi la ɖe asi goŋgoŋ.

18 Mina Gbɔgbɔ la nakplɔ mi mianɔ gbedodoɖa dzi ɣesiaɣi. Mibia Mawu vevie be wòakpe ɖe mia ŋu. Le esia ta la, mido vevie mianɔ ŋudzɔ, eye mido gbe ɖa vevie ɖe ame siwo katã ŋuti wokɔ la ta.

Leave a comment